Isaiah 50:11 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ke azɔ mi ame siwo katã do dzo, eye miewɔ akakatiwo na mia ɖokuiwo la, miyi, eye miazɔ le miaƒe dzo siwo miedo kple akakati siwo miesi la ƒe keklẽ nu. Esiae nye nu si miaxɔ tso asinyeme: Miamlɔ anyi ɖe fuwɔame me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Kpɔ ɖa, mi amesiwo katã tɔa dzo nu, eye mietsɔa dzoƒaɖe bia akpae la, mige ɖe miaƒe dzobibi la kple dzoti, si miekpe la me. Asinye me esia tso na mi, eye miamlɔ vevesese me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Kpɔ ɖa, mi ame siwo katã doa dzo, eye mieƒlɔa dzo ɖo, mizɔ le miaƒe dzo ƒe keklẽ nu kple dzo si mieƒlɔ ɖo la nu. Nu si miakpɔ tso asinye me lae nye esi: Miamlɔ anyi ɖe funyafunya me.