Isaiah 50:2 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Nu ka ta esi meva la, ame aɖeke meli o? Nu ka ta esi meyɔ mi la, ame aɖeke metɔ o? Ɖe nye abɔ to ɖe me be mate ŋu aɖe mi oa? Ɖe ŋusẽ mele ŋunye be maxɔ na mi oa? Gbe ko meɖe, tete atsiaƒu mie. Mena tɔsisiwo zu gbegbe, eye lã siwo le wo me la ƒaƒã, elabena tsi mie le wo ŋu, eye tsikɔ wu wo woku.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Nukaŋuti meva, eye amea ɖeke meli o, meyɔ ame, eye amea ɖeke metɔ o? Ɖe nye alɔ le kpuie, be wòagbe xɔxɔ na amea? eye ɖe ŋusẽ mele ŋunye, be maɖe ame oa? Kpɔ ɖa, matsɔ nye nyanyrã ana atsiaƒu namie, eye mana tɔsisiwo nazu tagba, wo me lãwo aƒaƒã, elabena tsi megale wo ŋu o, eye tsikɔ awu wo woaku.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Nu ka ta ame aɖeke menɔ afi ma esi meva o? Nu ka ta meyɔ ame, ame aɖeke metɔ nam o? Ðe nye abɔ tò ɖe eme ale gbegbe be mate ŋu aɖe ame oa? Alo ɖe ŋusẽ mele asinye be nyemate ŋu aɖe ame oa? Kpɔ ɖa, ne medze agbo la, atsiaƒu miena. Menaa tɔsisiwo zua kegbegbe. Wo me lãawo ƒaƒãna, ʋẽna kũu elabe tsi miena le wo ŋu, eye tsikɔwuame nana be wokuna.