Isaiah 51:11 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Yehowa ƒe ame siwo woɖe la atrɔ agbɔ. Woage ɖe Zion kple aseyetsotso, eye dzidzɔkpɔkpɔ anye fiakuku anɔ woƒe tawo dzi. Vivisese kple dzidzɔkpɔkpɔ asu wo si, eye nuxaxa kple hũɖeɖe abu ɖe wo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Yehowa ƒe amesiwo wòxɔ ƒle la, atrɔ gbɔ, woava Zion kple aseyetsotso, eye dzidzɔ mavɔ anɔ woƒe ta me; vivisese kple dzidzɔ asu wo si, eye nuxaxa kple hũɖeɖe abu ɖe wo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ale ame siwo Aƒetɔ xɔ ƒle la atrɔ gbɔ va Zion kple hadzidzi, eye woanɔ dzidzɔ kpɔm tegbee. Dzidzɔkpɔkpɔ kple aseyetsotso dzi ko woanɔ, eye nuxaxa kple hũɖeɖe maganɔ anyi o.