Isaiah 51:13 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Nu ka ta nèŋlɔ Yehowa, wò Wɔla, si keke dziƒowo me, eye wòɖo anyigba ƒe agunu anyi la be? Nu ka ta ŋɔdzi léa wò gbe sia gbe le ameteɖeanyila ƒe dɔmedzoe ta, ame si ɖoe kplikpaa be yeagblẽ nu? Afi ka ameteɖeanyila ƒe dɔmedzoe la le azɔ?
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
eye nèŋlɔ Yehowa, wɔwòla, amesi he dziƒo me, eye wòɖo anyigba gɔme anyi la be, eye nèle dzodzom nyanyanya gbawotsyogbe ɖaa le ameteɖeanyigba ƒe dziku ta, ne eɖo be, yeagblẽ wo? Afika ameteɖeanyila ƒe dziku le azɔ?
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Mieŋlɔ Aƒetɔ, mia Wɔla, ame si he dziƒowo me, eye wòɖo anyigba gɔme anyi la be. Miele ame siwo te mi ɖe anyi kple dziku la vɔ̃m gbe sia gbe, elabe woɖoe be yewoatsrɔ̃ mi. Ke ame si te mi ɖe anyi la ƒe dɔmedzoe la ɖe?