Isaiah 51:15 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
elabena nyee nye Yehowa, wò Mawu, ame si de adã atsiaƒu me be ƒutsotsoewo dze agbo. Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔe nye eŋkɔ.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Nyee nye Yehowa, wò Mawu, amesi de adã ta me na atsiaƒu, ale be eƒe tsotsoewo dze agbo; eƒe ŋkɔ nye Yehowa Zebaot.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Elabe nyee nye Aƒetɔ, wò Mawu. Nyee blua atsiaƒu, eye eƒe tsotsoewo dzea agbo. Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔlae nye eŋkɔ.