Isaiah 51:9 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Nyɔ, nyɔ! O! Yehowa ƒe alɔ, ne nàtsɔ ŋusẽ ado. Nyɔ abe le tsã ƒe ɣeyiɣiwo kple blemaŋɔliwo ene. Ɖe menye wòe fli Rahab kakɛkakɛ, eye nètsɔ nu ƒo ɖe lã dziŋɔ la oa?
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Nyɔ, Yehowa ƒe alɔ, nyɔ, eye nata ŋusẽ! Nyɔ abe le tsã ŋkekewo me ene, abe le blema ƒomeawo ŋɔli ene. Ɖe menye wòe fũ Raxab, eye nèƒo nu ɖe boso la oa?
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Aƒetɔ ƒe alɔ, nyɔ, nyɔ, kpla ŋusẽ! Nyɔ abe le blemaŋɔli ene, abe ale si nènyɔna na dzidzimewo gbe aɖe gbe ene. Ɖe menye wòe fli Raxab kakɛkakɛe, eye nèƒo nu ɖe ʋɔdriba la oa?