Isaiah 52:1 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Nyɔ! O! Zion, nyɔ ne nàta ŋusẽ. Tsɔ wò atsyɔ̃vɔ nàta. O! Yerusalem, du kɔkɔe. Aʋamatsolawo kple ame makɔmakɔwo magage ɖe mewò azɔ o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Nyɔ, Zion, nyɔ nata wò ŋusẽ! Yerusalem, wò du kɔkɔe la, ta wò atsyɔ̃vɔwo! Elabena bolotɔwo kple ame makɔmakɔwo magava mewò azɔ o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Nyɔ, Zion! Nyɔ kple wò ŋusẽ! Yerusalem, du kɔkɔe, tsɔ wò awu nyuiwo nàdo, elabe bolobolotɔwo kple ame makɔmakɔwo magage ɖe mewò azɔ o.