Isaiah 52:14 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Abe ale si ame geɖewo ƒe nu ku le eŋuti, eƒe dzedzeme tro kpaɖikpaɖi wu ame sia ame tɔ, eye eƒe nɔnɔme gblẽ ale gbegbe be, megaɖi amegbetɔ o ene la,
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Alesi ame geɖewo ƒe nu ku ɖe ŋuwò, alesi eƒe nɔnɔme vlo wu amegbetɔwo tɔ, eye eƒe kpɔkpɔme vlo wu amegbetɔviwo tɔ la,
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ame geɖe kpɔe wòwɔ nuku na wo, eƒe dzedzeme gblẽ wu ame tɔ gɔ̃ hã, eƒe nɔnɔme vlo wu amegbetɔviwo tɔ.