Isaiah 53:10 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ke enye Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu be wòagbãe gudugudu, ana wòakpe fu togbɔ be Yehowa tsɔ eƒe agbe wɔ fɔɖivɔsae hã la, akpɔ eƒe dzidzimeviwo. Adidi eƒe ŋkekewo ɖe edzi, eye Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu ava eme to eƒe asi dzi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke Yehowa ɖi be, yeatsɔ dɔléle agbãe gudugudu; ne etso eɖokui wo fɔɖivɔsae la, akpɔ dzidzimeviwo, anɔ agbe didie, eye Yehowa ƒe tameɖoɖo adze edzi to eƒe asi dzi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke Aƒetɔ ƒe lɔlɔ̃nu wònye be yeatsɔ dɔléle agbãe gudugudu. Eƒe ku nanye vɔsa si me yeato atsɔ nuvɔ̃ ake amegbetɔ eye wòakpɔ eƒe dzidzimeviwo. Anɔ agbe didi eye nu si Aƒetɔ ɖo be yeawɔ la adze dzi to eƒe asi dzi.