Isaiah 53:2 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Edze abe atilɔ fɛ̃ ene le eŋkume, eye wòle abe ke si woɖe le anyigba ƒuƒu me la ene. Nyonyo alo fianyenye mele eŋu ne eƒe nu nanyo mia ŋu o. Naneke mele eƒe dzedzeme ŋu si awɔe be wòadzro mí o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Edze abe atilɔ fẽ ene le eŋku me, eye abe ke ƒe dzedzè tso anyigba ƒuƒu me ene. Nɔnɔme kple ɖekadzedze mele eŋu, ne míaɖe ŋku ɖee o, eye kpɔkpɔme mele eŋu, ne eƒe nu nadzro mí o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Elabe etsi le eŋkume abe ati fɛ̃ aɖe ene abe ati ƒe ke tso anyigba ƒuƒu me ene. Nɔnɔme meli nɛ o, eye medze ɖeka hã o; be míanɔ ekpɔm o. Menyakpɔna kura be eƒe nu nanyo mía ŋu o.