Isaiah 54:3 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
elabena akeke ta ayi ɖusime kple miame. Wò dzidzimeviwo axɔ dukɔwo ƒe anyigbawo le wo si, eye woatso aƒewo ɖe woƒe du gbagbãwo me, anɔ wo me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Elabena àkeke ɖe ɖusi kple mia me, viwòwo axɔ dukɔwo ƒe anyigba, eye woanɔ ɖu zu aƒedowo me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Elabe àkeke ta ayi ɖusime kple miame. Wò dzidzimeviwo axɔ dukɔwo ƒe anyigba, eye woanɔ du siwo zu aƒedo la me.