Isaiah 54:8 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Le nye dziku sesẽ la me meɣla nye mo ɖe wò ɣeyiɣi kpui aɖe, gake matsɔ dɔmenyo si nɔa anyi tegbee la ave nuwòe.” Yehowa, wò Ɖelae gblɔe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Le dɔmedzoedodo ƒe nyanyrã me meɣla nye ŋku me de wò ʋee: ke matsɔ amenuveve mavɔ akpɔ nublanui na wò, Yehowa, wò ɖelae gblɔe!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Medo dɔmedzoe, trɔ megbe de wò vie ya; ke matsɔ lɔlɔ̃ si nu metsina o la akpɔ nublanui na wò. Nye Aƒetɔ, wò Ɖelae gblɔe.