Isaiah 55:2 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Nu ka ta miagblẽ ga ɖe nu si menye abolo o la ŋuti, eye miagblẽ miaƒe ɣeyiɣi ɖe nu si meɖia ƒodo o la ŋuti? Miɖo to, miɖo tom ne miaɖu nu si nyo, eye miaƒe luʋɔ akpɔ dzidzɔ ɖe nuɖuɖu nyuitɔ kekeake ŋuti.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Nuka ta miebe, yewoaxlẽ ga ɖe nusi menye abolo o la ta, eye miawɔ dɔ ɖe nusi meɖia ƒo o la ta? Miɖo tom ko, ekema miaɖu nu nyui, eye miaƒe luʋɔ ƒe dzeme akɔ ɖe ami ŋu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Nu ka tae miele miaƒe ga gblẽm ɖe nu si menye nuɖuɖu o la ŋu, eye miele miaƒe ŋusẽ gblẽm ɖe nu si meɖia ƒo o la ta? Milé to ɖe ŋunye nyuie ne miaɖu nu si nyo; ale miaƒe lã me anyo miakpɔ dzidzɔ.