Isaiah 55:7 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ame vɔ̃ɖi neɖe asi le eƒe mɔ vɔ̃ ŋu, eye ŋutasẽla neɖe asi le eƒe susu vɔ̃wo ŋu, netrɔ ɖe Yehowa ŋu be wòakpɔ nublanui nɛ kple miaƒe Mawu la ŋu, elabena atsɔ wo akee faa.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ame vɔ̃ɖi neɖe asi le eƒe mɔ ŋu, eye nu vlo wɔla neɖe asi le eƒe susuwo ŋu, ne wòatrɔ ɖe Yehowa ŋu, ekema akpɔ nublanui nɛ, eye wòatrɔ ɖe mía Mawu ŋu, elabena etsɔa nuvɔ̃ kena geɖe.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ame vɔ̃ɖi neɖe asi le eƒe nuwɔna ŋu, eye nu madzɔmadzɔ wɔla neɖe asi le eƒe susuwo ŋu. Netrɔ ɖe Aƒetɔ ŋu ale be wòakpɔ nublanui nɛ. Netrɔ ɖe mía Mawu ŋu elabe atsɔ nu ake geɖe.