Isaiah 56:10 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Israel ƒe gbetakpɔlawo katã nye ŋkugbagbãtɔwo. Nunya metso aƒe ɖe wo gbɔ o. Avu si ƒe aɖe tu lae wonye. Womate ŋu awo o. Womlɔa anyi hekua drɔ̃e, eye alɔ̃ vivia wo nu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Woƒe dzɔlawo katã nye ŋkuagbãtɔwo, womele si dzem naneke o; avũ aɖetututɔ, siwo mate ŋu aɖe gbe o la, wo katã wonye, womlɔ anyi le drɔ̃e kum, eye alɔ̃ le wo nu vivim.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Eƒe dzɔlawo katã nye ŋkuagbãtɔwo; wo katã womenya naneke o. Avu aɖetututɔ siwo mate ŋu awó o la, wo katã wonye. Womlɔ anyi le drɔ̃e kum, eye alɔ̃ le wo nu vivim.