Isaiah 57:15 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
elabena ale ame si nye gã, eye wòkɔ wu nuwo katã, ame si li tegbee, eye eƒe ŋkɔe nye Kɔkɔe la gblɔe nye esi, “Mele teƒe kɔkɔ si le kɔkɔe, gake meli kple ame si ƒe nu vɔ̃wo vee, eye wòbɔbɔ eɖokui ɖe anyi le gbɔgbɔ me be magbɔ agbe ame si bɔbɔ eɖokui ɖe anyi la ƒe gbɔgbɔ, eye magbɔ agbe ame si ƒe nu vɔ̃wo vee la ƒe dzi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Elabena ale ame gã, si ɖo kpo, eli tegbee, eye eƒe ŋkɔ nye kɔkɔe la, gblɔ esi: Mele dzi kple kɔkɔeƒe la, mele amesi wogbã gudugudu, kple amesi ƒe gbɔgbɔ wobɔbɔ de anyi la gbɔ, ne magbɔ agbe amesiwo wobɔbɔ ɖe anyi la ƒe gbɔgbɔ, eye magbɔ agbe amesiwo wogbã gudugudu la ƒe dzi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Elabe eya ame si le dzi ʋĩi, eye wòli tegbee, eye eŋkɔe nye Kɔkɔetɔ la, gblɔ be: “Mele dzi kple kɔkɔeƒe la. Meli kple ame si trɔ dzime, eye wòbɔbɔ eɖokui le gbɔgbɔ me la. Magbɔ agbe ame si bɔbɔ eɖokui la ƒe gbɔgbɔ, eye magbɔ agbe ame si trɔ dzime la ƒe dzi.