Isaiah 57:17 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Nye dɔmedzoe fla le eƒe ŋubiabiã ƒe nu vɔ̃ ta. Mehe to nɛ, eye meɣla nye ŋkume ɖee le dziku me, ke hã la, egayi eƒe lɔlɔ̃nuwɔwɔ dzi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Le eƒe ŋubiabia ƒe vodada ta medo dɔmedzoe, eye meƒoe ɖo, medo dɔmedzoe, eye meɣla ɖokuinye, tete wòdze go helé eƒe tamesusu ƒe mɔ tso.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Le eƒe ŋubiabiã ƒe vɔɖivɔ̃ɖi tae medo dɔmedzoe ɖo. Meƒoe, ɣla nye ŋkume, eye medo dɔmedzoe. Gake eyi edzi trɔ megbe dem, eye wòlé eya ŋutɔ ƒe mɔ tsɔ.