Isaiah 58:1 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“Gblɔe kple ɣli, mègadzudzɔ o. Kɔ wò gbe dzi abe kpẽ ene. Gblɔ nye dukɔ ƒe aglãdzedze nɛ kple Yakob ƒe aƒe la ƒe nu vɔ̃wo nɛ.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
He vekati nado ɣli, megadzudzɔ o! Wò gbe nede dzi abe kpẽ ene, eye nagblɔ nye dukɔ ƒe vodada nɛ kple Yakob ƒe aƒe ƒe nuvɔ̃wo nɛ!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Do ɣli sesĩe, mègadzudzɔ o! Wò gbe nede dzi bobobo abe kpẽ ene ne nàgblɔ nye dukɔ ƒe dzidada nɛ, nàgblɔ Yakob ƒe ƒome ƒe nuvɔ̃wo nɛ!