Isaiah 58:2 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Wole diyem gbe sia gbe. Edze abe ɖe wotsi dzi be woanya nye mɔwo abe ɖe wonye dukɔ si wɔa nu dzɔdzɔe, eye womeŋlɔ woƒe Mawu ƒe sewo be o la ene. Wole afiatsotso dzɔdzɔe dim tso gbɔnye, eye wòdze abe ɖe wotsi dzi be Mawu nate ɖe wo ŋu kpokploe ene.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Wole diyem gbeawotsyogbe, eye wole didim be, yewoanya nye mɔwo; wole ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔe dim tso gbɔnye abe dukɔ, si wɔa nu dzɔdzɔe, eye megblẽa eƒe Mawu ƒe ɖoɖowo ɖi o la ene; wole didim be, Mawu natsɔ ɖe yewo gbɔ!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Evɔ la, wole diyem gbe sia gbe, eye woƒe didie nye be yewoanya nye mɔwo, abe dukɔ si wɔa nu dzɔdzɔe, eye megblẽa eƒe Mawu ƒe sewo ɖi o la wònye ene. Wole ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔe dim tso gbɔnye. Wokpɔa dzidzɔ be yewoate ɖe Mawu ŋu.