Isaiah 58:5 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ɖe esia nye nutsitsidɔ si tɔgbi melɔ̃na be ame nabɔbɔ eɖokui le ŋkeke ɖeka ko mea? Tadede agu abe keti ene, akpanyadzimɔmlɔ kple dzofimemɔmlɔ koe nye nutsitsidɔa? Eya yɔm nèle be nutsitsidɔ kple ŋkeke si dzea Yehowa ŋua?
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
De nutsitsiɖɔ, si melɔ̃na, kple ŋkeke, si dzi amegbetɔ naka hiã eɖokui la, enye esia? Ne wobi ta ɖe anyi abe keti ene, eye womlɔ akpanya kple afi dzi la, eya yɔm nèle be nutsitsidɔ kple ŋkeke, si adze Yehowa ŋua?
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ɖe nutsitsidɔ si medina kple ŋkeke si dzi amegbetɔ nabɔbɔ eɖokui le lae nye esia? Ne ebi ta ɖe anyi abe keti ene, eye wòmlɔ akpanya kple dzowɔ dzi la, eya yɔm nèle be nutsitsidɔ kple ŋkeke si adze Aƒetɔ ŋua?”