Isaiah 58:7 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ɖe menye eyae nye be nàna nuɖuɖu dɔwuitɔwo, ana nɔƒe ame dahe si le tsaglãla tsam, ne èkpɔ ame aɖe wòle amama la, nàta avɔ nɛ, eye màtrɔ megbe ade wò ŋutɔ wò ŋutilã kple ʋu oa?
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
naka wò abolo na dɔwuitɔ, eye nakplɔ ame dahe, siwo le tsaglãla tsam la, ayi aƒewò mee, ne èkpɔ amea ɖe amama la, nata avɔ ne, eye màgaɣla ɖokuiwò ɖe wò ŋutɔ wò ŋutilã o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ɖe menye eyae nye be: nàna nuɖuɖu dɔwuitɔ, eye nàkplɔ ame dahe siwo tsi ablɔ dzi la ayi aƒewò mee, ne èkpɔ ame aɖe wòle amama la, nàta avɔ nɛ, eye mègawɔ ŋlɔmee le wò ŋutɔ wò ƒometɔwo ŋu oa?