Isaiah 58:9 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ekema àyɔ Yehowa, eye wòatɔ na wò. Àdo ɣli be wòaxɔ na wò, eye wòagblɔ be, ‘Nyee nye esi.’ “Ne èɖe teteɖeanyi ƒe kɔkuti ɖa, asifiafia ame kple ameŋugblẽnyawo gbɔgblɔ,
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ekema àyɔ Yehowa, eye woatɔ na wò; àdo ɣli, eye wòagblɔ be: Nyee nye si! Ne èɖe ameteteɖeanyi, asifiafia me kple nu vɔ̃ɖi ƒoƒo le dowòme,
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ekema àyɔ Aƒetɔ, eye wòatɔ na wò. Àdo ɣli, eye wòagblɔ be: Nyee nye esi!” “Ne èɖe kɔkuti, asifiafia ame kple nuvɔ̃ɖi ƒoƒo ɖa le dowòme,