Isaiah 59:10 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Miele asi tsam le gli ŋu abe ŋkugbagbãtɔwo ene, eye miele mɔ dim kple asi abe ame siwo mele nu kpɔm o la ene. Miele nu klim le ŋdɔkutsu dzatsi abe zã me ene, eye míele lãmesesẽtɔwo dome abe ame kukuwo ene.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Miele asi tsam le gli ŋu abe ŋkuagbãtɔwo ene, eye míele asi tsam abe ŋkunɔwo ene. Míekli nu le ŋdɔkutsu dzatsɛ abe le zã me ene, eye miele ame damiwo dome abe ame kukuwo ene!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Míele asi tsam gli ŋu abe ŋkuagbãtɔwo ene, eye míele asi nyem ya me abe ŋkunɔwo ene. Míekli nu le ŋdɔkutsu dzatsɛ abe le zã me ene, eye míele ame gbagbewo dome abe ame kukuwo ene!