Isaiah 59:14 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ale wonya ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ do ɖe megbe, eye nu dzɔdzɔe wɔwɔ tsi tsitre ɖe adzɔge. Nyateƒe le nu klim le kpɔdomewo, eye nuteƒewɔwɔ mate ŋu age ɖe ame o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ɖoɖo la gbugbɔ ɖe megbe, eye dzɔdzɔenyenye tsi adzɔge. Elabena nyateƒe le nu klim le kpɔdome, eye nuteƒewɔwɔ mate ŋu age ɖe eme o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Afiatsotso ɖe eteƒe gbugbɔ ɖe megbe, eye nu dzɔdzɔe wɔwɔ le tsitre ɖe adzɔge ke. Elabe nyateƒe le nu klim le dutakpeƒe, eye nuteƒewɔwɔ mate ŋu age ɖe eme o.