Isaiah 59:15 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ale nyateƒe mele afi aɖeke woakpɔ o, eye ame si gbe nu le nu vɔ̃ɖi gbɔ la zu nuhaha. Yehowa ɖo ŋku anyi hekpɔ nu, ke mekpɔ nu dzɔdzɔe wɔwɔ le afi aɖeke o, eye medzɔ dzi nɛ o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ale nyateƒe bu ɖe ame, eye amesi ƒo asa na vɔ̃ɖiwɔwɔ la, wohae. Eye Yehowa kpɔ be, nu dzɔdzɔe wɔwɔa ɖeke meli o, eye medze eŋu o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Nyateƒe bu keŋkeŋ, eye ame si megadina be yeawɔ nuvɔ̃ɖi o la va zua nuléle. Aƒetɔ kpɔe be nu dzɔdzɔe wɔwɔ aɖeke megali o, eye medze eŋu o.