Isaiah 59:21 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Yehowa be, “Nye la, esiae nye nye nubabla kpli wo. Nye Gbɔgbɔ si le dziwò, nye nya siwo metsɔ de nuwò la madzo le nuwò alo le viwòwo ƒe nu alo le wò dzidzimeviwo ƒe nu tso azɔ dzi yi ɖe mavɔ me o,” Yehowae gblɔe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Yehowa be: Nusi mebia kpli wò la, enye si: Nye gbɔgbɔ, si le dziwò, kple nye nya, si metsɔ de nuwo la, mate ɖa le nuwo me alo le viwòwo kple viwo wo ƒe viwo nu me o, tso fifia ɖaseɖe mava me, Yehowa ye gblɔe!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Aƒetɔ be: “Nye la, nu si mebla kpli wo lae nye esi: Nye gbɔgbɔ si le dziwò kple nye nya si metsɔ de nuwò la mate ɖa le wò nu me loo, alo le viwòwo ƒe nu me loo, alo le viwòwo ƒe viwo ƒe nu me o, tso fifia ɖase ɖe mavɔ me. Aƒetɔ lae gblɔe.”