Isaiah 6:1 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Le ƒe si me Fia Uzia ku la, mekpɔ Aƒetɔ la wònɔ fiazikpui nyui kɔkɔ aɖe dzi, eye eƒe awutoga yɔ gbedoxɔ la katã me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Le ƒe, si me fia Uziya ku la, mekpɔ Aƒetɔ la bɔbɔ nɔ fiazikpui kɔkɔ gãa ɖe dzi, eye eƒe awutoga yɔ gbedoxɔ la taŋ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Le ƒe si me fia Uziya ku la, mekpɔ Aƒetɔ la. Ebɔbɔ nɔ fiazikpui kɔkɔ gã aɖe dzi, eye eƒe awu toga yɔ gbedoxɔ la katã.