Isaiah 6:13 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Togbɔ be ameawo ƒe akpa ewoliawo dometɔ ɖeka asusɔ ɖe anyigba dzi hã la, woagana wòazu gbegbe, gake abe ale si ne wolã logoti kple gboti, takpoawo susɔna ene la, nenema ke atiku kɔkɔe la azu atitakpo ɖe anyigba la dzi.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye ne akpa ewolia susɔ la, woagatsrɔ̃ eya hã ɖa; ke abe alesi ne wolã sesewu kple logoti, eye takpoea kpɔtɔna la, nenema ƒome kɔkɔe la anye takpoea.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Togbɔ be amewo ƒe akpa ewolia koe susɔ ɖe anyigba la dzi hã la, woagatɔ dzoe, abe ale si ne wolã sesewu alo logoti, eye takpoea susɔna ɖi ene.” Nuku kɔkɔe la nye eƒe takpoe la.