Isaiah 6:2 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Serafi siwo aʋala ade li na la le etame. Wotsɔ aʋala eve tsyɔ ŋkume, eve tsyɔ woƒe afɔwo, eye wotsɔ eve bubu le dzodzomii.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Serafiwo le eta me, wo dome ɖesiaɖe to aʋala adeade, wotsɔ wo ame eve tsyɔ ŋku me, wotsɔ eve tsyɔ afɔ, eye wotsɔ wo ame eve le dzodzomee.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Serafi siwo dometɔ ɖe sia ɖe to aʋala adeade la, le eta me. Wotsɔ aʋala eve tsyɔ ŋkume, eve tsyɔ afɔ, eye wotsɔ eve le dzodzomee.