Isaiah 60:14 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ame siwo te wò ɖe to la, ƒe ŋutsuviwo ado dɔgɔ̃e ava gbɔwò. Ame siwo katã ɖe alɔme le ŋuwò la, ade ta agu ɖe wò afɔ nu, eye woayɔ wò be Yehowa ƒe Du, Israel ƒe Kɔkɔetɔ la ƒe Zion.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye amesiwo se ŋuta le ŋuwò la ƒe viwo ado dɔgɔ̃e ava gbɔwò, amesiwo katã ɖe alɔme le ŋuwò la, ade ta agu ɖe wò afɔ nu ahayɔ wò be: „Yehowa ƒe ɖu.“ „Israel ƒe kɔkɔetɔ ƒe Zion“.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ame siwo te wò ɖe anyi la ƒe viwo ava bɔbɔ asubɔ wò, eye ame siwo katã ɖe alɔ me le ŋuwò la ava de ta agu ɖe wò afɔnu ahayɔ wò be: Aƒetɔ ƒe du, Israel ƒe Kɔkɔetɔ la ƒe Zion!