Isaiah 60:17 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Matsɔ sika ana wò ɖe akɔbli teƒe, eye klosalo ɖe gayibɔ teƒe. Le ati teƒe la, matsɔ akɔbli na wò, eye mana gayibɔ wò ɖe kpe teƒe. Mawɔ ŋutifafa wòanye tatɔ na wò, eye dzɔdzɔenyenye nanye dziɖula na wò.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Mahe sika vɛ ɖe akɔbli teƒe kple klosalo ɖe gayibɔ teƒe, akɔbli ɖe ati teƒe, eye gayibɔ ɖe kpewo teƒe, matso ŋutifafa aɖo tatɔe na wò kple dzɔdzɔenyenye aɖo wò dɔnunɔlae.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Mahe nuwo vɛ na wò: ɖe akɔbli teƒe, matsɔ sika vɛ; ɖe ga yibɔ teƒe, matsɔ klosalo vɛ; ɖe ati teƒe, akɔbli; ɖe kpewo teƒe, ga yibɔ. Matsɔ Ŋutifafa aɖo dzikpɔlawo na wò, eye wò dɔnunɔlawo anye nu dzɔdzɔe wɔwɔ.