Isaiah 60:18 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Womagase ŋutasesẽ ŋkɔ le wò anyigba dzi, tsɔtsrɔ̃ loo alo gbegblẽ hã manɔ wò liƒowo dzi o. Ke boŋ àyɔ wò gliwo be Ɖeɖekpɔkpɔ, eye wò agbowo be Kafukafu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Womase ŋutasesẽ ŋkɔ le wò anyigba dzi azɔ o kple tsɔtsrɔ̃ kpakple gbegblẽ ŋkɔ le wò liƒowo dzi o, eye àyɔ wò gliwo be „xɔname“ kple wò agbowo be „kafukafu“.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Womagase ŋutasesẽ ŋkɔ le wò anyigba dzi azɔ o, eye womagagblẽ alo atsrɔ̃ naneke le dukɔa ƒe liƒowo dzi o. Àyɔ wò gliwo be: Xɔname, eye àyɔ wò agbowo be: Kafukafu.