Isaiah 60:21 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ekema wò amewo katã anye dzɔdzɔetɔwo, eye anyigba anye wo tɔ tegbee. Wonye ati fɛ̃ si medo, kple nye asinudɔwɔwɔwo be woaɖe nye ŋutikɔkɔe afia.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Wò dukɔ anye ame dzɔdzɔewo sɔŋ, eye anyigba anye wo tɔ tegbee, nye atibɔmeti fẽ kple nye asinudɔwɔwɔ, si ade bubu ŋunye la, wonye.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Wò dukɔmetɔwo katã anye nu dzɔdzɔe wɔlawo sɔŋ; anyigba la anye wo tɔ tegbee. Ɖe medo wo, wɔ wo be woade bubu ŋunye.