Isaiah 60:22 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ame ʋɛ siwo le mia dome la azu akpe, eye ame siwo mesɔ gbɔ o la azu dukɔ gã dranyi aɖe. Nyee nye Yehowa, le ewɔɣi la, mawɔ esia wòatsɔ kaba.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ame suewo azu akpe, eye ame ʋeewo azu dukɔ sesẽ. Nye Yehowa, nye asi matsɔ awɔe le ewɔɣi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ameha sue azu ƒome gã, eye ame ʋɛwo azu dukɔ sesẽ. Nyee nye Aƒetɔ. Mana wòava eme kaba, ne ɣeyiɣia de.