Isaiah 60:7 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Woakplɔ Kedar ƒe lãhawo aƒo ƒu vɛ na wò, eye Nebayɔt ƒe agbowo asubɔ wò. Woaxɔ wo abe vɔsa ene le nye vɔsamlekpui dzi, eye maɖo atsyɔ̃ na nye gbedoxɔ kɔkɔe la.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Kedar ƒe lãhawo katã aƒo ƒu ɖe ŋuwò, eye Nebayot ƒe agbowo asubɔ wò; woava nye vɔsamlekpui dzi, ne woadze ŋunye, eye mawɔ leke na nye atsyɔ̃xɔ la.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Woakplɔ lãha siwo katã le Kedar la vɛ na wò, agbowo tso Nebayot asubɔ wò. Woatsɔ wo asa vɔe le nye vɔsamlekpui dzi, wòadze ŋunye, eye made bubu nye ŋutikɔkɔeƒe la ŋu.