Isaiah 60:9 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Vavãe ƒukpowo le mɔ kpɔm nam. Tarsis ƒe meliwo le ŋgɔ na wo, lɔ viwò ŋutsuwo tso didiƒewo gbɔnae kple woƒe klosalo kple sika be woatsɔ ade bubu Yehowa, wò Mawu kple Israel ƒe Kɔkɔetɔ la ŋu, elabena eyae ɖo atsyɔ̃ na wò.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Nyee ƒukpowo le mɔ kpɔm na, eye Tarsis-ƒukpowo ɖo ŋgɔ, be woakplɔ viwòwo tso didiƒe vɛ; wohe woƒe klosalo kple sika ɖe asi hena Yehowa, wò Mawu ƒe ŋkɔ, hena Israel ƒe kɔkɔetɔ la, elabena eɖo atsyɔ̃ na wò.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Elabe ƒukpowo akpɔ mɔ nam. Tɔdziʋu siwo tso Tarsis ado ŋgɔ, be woakplɔ viwò ŋutsuwo tso didiƒe vɛ. Woatsɔ woƒe klosalo kple sika akpe ɖe wo ŋu be woatsɔ de bubu Aƒetɔ, wò Mawu, Israel ƒe Kɔkɔetɔ la, ame si de bubu ŋuwò la, ƒe ŋkɔ ŋu.