Isaiah 61:1 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Aƒetɔ Yehowa ƒe Gbɔgbɔ le dzinye, elabena Yehowa si ami nam, be magblɔ nyanyui la na ame dahewo. Edɔm ɖa be mayɔ dɔ ame siwo ƒe dzi gbã. Maɖe gbeƒã ablɔɖe na aboyomewo, eye woaɖe ga gamenɔlawo tso viviti me;
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Aƒetɔ Yehowa ƒe gbɔgbɔ le dzinye, elabena Yehowa si ami nam, be mahe du nyui la ayi na amesiwo wole ɖe anyi; eɖom ɖa, be mada gbe le amesiwo ƒe dzi gbã la ŋu, maɖe gbe ƒã ablɔɖe na gatɔwo, ne woaɖe ga amesiwo wode gãe;
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Aƒetɔ Mawu ƒe gbɔgbɔ le dzinye elabe Aƒetɔ si ami nam. Edɔm ɖa be matsɔ nya nyui la ayi na ame siwo wole funyafunya wɔmee, edɔm ɖa be mada gbe le ame siwo ƒe dzi gbã la ŋu; be maɖe gbeƒã na aboyomenɔlawo be wona ablɔɖe wo, eye magblɔ na gaxɔmenɔlawo be woɖe wo le ga me.