Isaiah 61:10 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Yehowa ƒe nu nyoa ŋunye ŋutɔ, eye nye luʋɔ le dzidzɔ kpɔm le nye Mawu me, elabena etsɔ ɖeɖe ƒe avɔwo ta nam, eye wòtsɔ dzɔdzɔenyenye ƒe awu ʋlaya do nam, abe ale si ŋugbetɔsrɔ̃ ɖoa atsyɔ̃ na eƒe ta, abe nunɔla ene kple abe ale si ŋugbetɔ ɖoa atsyɔ̃e kple lekewɔnuwo ene.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Mele dzidzɔ kpɔm ɖe Yehowa ŋu, nye luʋɔ le aseye tsom ɖe nye Mawu ŋu; elabena eta xɔname ƒe avɔ nam, eye wòdo dzɔdzɔenyenye ƒe awu ʋlaya nam, abe alesi ŋugbetɔsrɔ̃ blaa atsyɔ̃tae kple alesi ŋugbetɔ doa nui la ene.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Makpɔ dzidzɔ ɖe Aƒetɔ ŋu vevie; nye luʋɔ atso aseye ɖe nye Mawu ŋu, elabe etsyɔ xɔname ƒe avɔ, eye wòdo nu dzɔdzɔe wɔwɔ ƒe awu ʋlaya nam abe ale si ŋugbetɔsrɔ̃ blaa atsyɔ̃tae alo ale si ŋugbetɔ doa atsyɔ̃ɖonuwoe ene.