Isaiah 61:3 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Edɔm be mana nu Zion ƒe nuxalawo, ne maɖɔ atsyɔ̃fiakuku na wo ɖe dzofi teƒe, dzidzɔkpɔkpɔ ƒe ami ɖe nuxaxa teƒe, kafukafu ƒe awu ɖe gbɔgbɔ si bu mɔkpɔkpɔ teƒe. Woayɔ wo be dzɔdzɔenyenye ƒe logotiwo, ati siwo Yehowa ŋutɔ do, be yeatsɔ aɖe yeƒe bubu afiae.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
ne mata avɔ na Zion ƒe konyifalawo, mana atsyɔ̃ɖoɖo wo ɖe dzowɔ teƒe, dzidzɔmi ɖe konyifafa teƒe, atsyɔ̃vɔ ɖe gbɔgbɔ, si nu ti kɔ na teƒe, eye woayɔ wo be „dzɔdzɔenyenye ƒe logotiwo“, „Yehowa ƒe atibɔ“, si wòbe, yeatsɔ ade bubu eɖokui ŋu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ebe madi nu na ame siwo le konyi fam le Zion: Matsɔ seƒoƒotsihe ɖo atsyɔ̃ na wo ɖe dzowɔ me nɔnɔ teƒe, masi ami si ana be woakpɔ dzidzɔ la na wo ɖe konyifafa teƒe, mana woata atsyɔ̃taɖedzi si anye kafukafu ɖe gbɔgbɔ si gbɔdzɔ la teƒe. Ale woayɔ wo be nu dzɔdzɔe wɔwɔ ƒe logotiwo, Aƒetɔ ƒe ati siwo wòdo be yeatsɔ de bubu ye ɖokui ŋu.