Isaiah 61:4 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Woagbugbɔ blema ƒe aƒedowo atso, eye teƒe siwo zu glikpowo hena ɣeyiɣi didi aɖe la afɔ ɖe te. Woagbugbɔ du gbagbã siwo zu gbegbe hena dzidzime geɖewo la atso.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Woatso blemaƒedowo, woafɔ gbaɖegbe glikpowo ɖe tsitrenu, eye woagbugbɔ du gbagbãwo kple tsãtɔwo ƒe glikpowo atso.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Woatso blemaƒedowo woaɖo gbe aɖe gbe glikpowo; woaɖɔ du gbagbãwo me ɖo, eye woaɖɔ dzidzime geɖewo ƒe nu gbegblẽwo ɖo.