Isaiah 61:6 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Woayɔ mi be Yehowa ƒe nunɔlawo, eye woatsɔ ŋkɔ na mi be, miaƒe Mawu la ƒe hadɔwɔlawo. Miaɖu dukɔwo ƒe kesinɔnuwo, eye miaƒo adegbe le woƒe nunɔamesi siwo zu mia tɔ la ta.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke miawo la, woatsɔ ŋkɔ na mi be: „Yehowa ƒe nunɔlawo“, eye woayɔ mi be „mía Mawu ƒe subɔlawo“; miaɖu dukɔwo ƒe kesinɔnuwo, eye woƒe atsyɔ̃ atu mia nu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke miawo la, woayɔ mi be: Aƒetɔ ƒe nunɔlawo! eye woatsɔ ŋkɔ na mi be: Mía Mawu ƒe subɔlawo. Miaɖu dukɔwo ƒe kesinɔnuwo, eye miakpɔ bubu le woƒe kesinɔnuwo me.