Isaiah 62:10 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Mito eme yi, mito agboawo me yi! Midzra mɔ ɖo na dukɔ la. Mido mɔ, mido mɔtatawo. Miɖe kpewo ɖa le mɔa dzi. Mikɔ aflaga dzi na dukɔwo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Mito agboawo me yi, mito wo me yi! Midzra mɔ dzi ɖo na dukɔ la; mido mɔ, miɖo mɔ, miɖe kpewo ɖa, mikɔ aflaga dzi na dukɔwo!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Mido yi! Mido to agboawo me yi! Midzra mɔ dzi ɖo na dukɔa. Mita mɔ; mido mɔ gã la! Miɖe kpewo ɖa le edzi! Mikɔ aflaga ɖe dzi na dukɔwo.