Isaiah 62:12 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Woayɔ wo be, “Ame kɔkɔewo. Yehowa ƒe Ame siwo wòɖe.” Ke wò la, woayɔ wò be, “Ame si dim wole vevie,” eye woayɔ wò be, “Du si gbɔ womagagbe nu le o.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Woayɔ wo be: „dukɔ kɔkɔe“, „Yehowa ƒe amesiwo woɖe“, ke wò la, woayɔ wò be „du, si ƒe nya wodina“, „du, si womagblẽ ɖi o.“
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Woayɔ wò be Dukɔ kɔkɔe, Aƒetɔ ƒe ame siwo woɖe, eye woayɔ wò ya be Du si ƒe nya wodina, du si womegblẽ ɖi o.