Isaiah 62:4 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Womagayɔ wò azɔ be Wogbe nu le egbɔ, alo ayɔ wò anyigba be Gbegbe o. Ke boŋ woayɔ wò be, Hefziba si gɔmee nye Eƒe nu nyo ŋunye, eye woayɔ wò anyigba be Biula, si gɔmee nye eɖe srɔ̃, elabena wò nu anyo Yehowa ŋu, eye wòaɖe wò anyigba abe srɔ̃ ene.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Womagayɔ wò azɔ be: „amesi wogbe“ o, eye womagayɔ wò anyigba be: „aƒedo“ o; ke boŋ woayɔ wò be: „mekpɔ dzidzɔ le eŋu“, eye woayɔ wò anyigba be „srɔ̃nyɔnu“; elabena Yehowa akpɔ dzidzɔ le ŋuwò, eye wòaɖe wò anyigba woazu srɔ̃a.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Womagayɔ wò azɔ be ame si wogbe o, alo woayɔ wò anyigba be nyɔnu si wogblẽ ɖi o. Ke boŋ woayɔ wò be, mekpɔ dzidzɔ le eŋu, eye woayɔ wò anyigba be, srɔ̃nyɔnu; elabe Aƒetɔ kpɔa dzidzɔ le ŋuwò, eye woaɖe wò anyigba abe srɔ̃ ene.