Isaiah 63:5 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Metsa ŋku, ke ame aɖeke meli ana kpekpeɖeŋu o. Nye mo wɔ yaa be ame aɖeke meva na kpekpeɖeŋu o. Tete nye ŋutɔ nye abɔ xɔ nam, eye nye dɔmedzoe lém ɖe te.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye metsa ŋku, ke amea ɖeke mexɔ nam o, eye nye mo wɔ yaa be, xɔnametɔa ɖeke meli o; tete nye abɔ xɔ nam, eye nye dziku kpe ɖe ŋunye.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Metsa ŋku; ke nyemekpɔ xɔnametɔ aɖeke o. Nye nu wɔ nublanui na ɖokuinye; ke ame aɖeke meli axɔ nam o. Ale nye ŋutɔ nye alɔ he dziɖuɖu vɛ nam, eye nye dɔmedzoe kpe ɖe ŋunye.