Isaiah 65:25 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Amegaxi kple alẽvi aɖu gbe le teƒe ɖeka. Dzata aɖu gbe abe nyi ene, ke ʋuʋudedi anye da ya ƒe nuɖuɖu. Womawɔ nu vevi ame alo agblẽ nu le nye to kɔkɔewo katã dzi o.” Yehowae gblɔe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Amegãxi kple alẽvi woaɖu gbe le wo nɔewo gbɔ, dzata aɖu gbe abe nyi ene, eye da ƒe nuɖuɖu anye kewɔ. Womawɔ vɔ̃a ɖeke o, eye womahe gbegblẽ ava nye to kɔkɔe blibo la dzi o, Yehowa ye gblɔe!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Amegãxi kple alẽvi aɖu gbe le wo nɔewo xa. Dzata aɖu gbe abe nyitsu ene, eye ʋuʋudedi anye da ƒe nuɖuɖu. Naneke mawɔ nu vevi alo atsrɔ̃ naneke le nye to kɔkɔe blibo la dzi o. Aƒetɔ lae gblɔe.”