Isaiah 65:5 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ame siwo gblɔna be, ‘Nɔ adzɔge, mègate ɖe ŋu nye o, elabena mele kɔkɔe akpa na wò!’ Ame siawo tɔgbi la, dzudzɔe wonye le nye ŋɔtime. Dzo si le bibim ŋkeke blibo la katãe wonye.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
ame siwo le gbɔgblɔm be: Nɔ adzɔge, megaka asi ŋunye o, mava wɔ wò kɔkɔe la, amesiawoe nye dzudzɔ le nye ŋɔti me kple dzo, si abi nu ŋkeke blibo la.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ame siawo gblɔna be: “Nɔ ɖokuiwò si le adzɔge; mègate ɖe ŋunye o, elabe mele kɔkɔe wu wò!” Wonye dzudzɔ le nye ŋɔti me kple dzo si le bibim ŋkeke blibo la.