Isaiah 65:9 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Mana dzidzimewo nado tso Yakob me, eye ame siwo axɔ nye towo woanye woƒe domenyinu la ado tso Yuda me. Nye ame tiatiawo anyi nu siawo ƒe dome, eye afi mae nye dɔlawo anɔ.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
eye mana ƒome nado tso Yakob me, eye nye towo ƒe domenyila natso Yuda me; nye ame tiatiawo anyi edome, eye nye dɔlawo anɔ afima.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Mana dzidzimeviwo nado tso Yakob me, eye ame siwo anyi nye towo ƒe dome la nado tso Yuda. Nye ame tiatiawo anyi eƒe dome, eye nye dɔlawo anɔ afi ma.