Isaiah 66:10 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“Mitso aseye ɖe Yerusalem ŋu, eye mikpɔ dzidzɔ kplii, mi ame siwo katã lɔ̃e. Mitso dzidzɔ ƒe aseye kplii, mi ame siwo katã fa konyi ɖe eta,
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Mikpɔ dzidzɔ kple Yerusalem, eye mitso aseye ɖe eŋu, mi amesiwo katã lɔ̃a eƒe nya! Mitso aseye kplii le dzidzɔ me, mi amesiwo katã xaa nu le eŋu!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Mi ame siwo katã lɔ̃ Yerusalem ƒe nya! Mikpɔ dzidzɔ kplii! Mitso aseye ɖe eŋu! Mi ame siwo katã fa konyi kplii. Midzɔ dzi kplii kple aseyetsotso.