Isaiah 66:12 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Elabena ale Yehowa gblɔe nye esi, “Matsɔ ŋutifafa nɛ wòasi abe tɔsisi ene, eye dukɔwo ƒe kesinɔnuwo ava nɛ abe tɔʋu si ɖɔ gbã go la ene. Àno eƒe no, akɔ wò ɖe eƒe abɔwo me, eye àfe le eƒe atata.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Elabena ale Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, matrɔ ŋutifafa ɖe eŋu abe tɔsisi ene kple dukɔwo ƒe ŋutikɔkɔe ɖe eŋu abe tɔʋu, si gba go ene, be miano no, woatsɔ mi ɖe axada me, eye woalé mi ɖe akɔ dzaa.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Aƒetɔ be: “Kpɔ ɖa, mana nu nadze dzi nɛ abe tɔsisi ene, eye dukɔwo ƒe kesinɔnuwo ava nɛ abe tɔʋu si gba go ene, eye miano no, woalé mi ɖe axada me, eye mianɔ eƒe ata ta.